Etenuŋɔŋlɔ
a Woka nya ta be ame siwo gbegbe xɔ Spaniatɔwo ƒe dzamezã la ade ame siwo nɔ anyigba dzi ɣemaɣi la ƒe 20 le alafa me va ɖo ame siwo wu 50 le alafa me. Ame siwo xɔ dɔlélea dometɔ siwo ku la ƒe xexlẽme anɔ abe ame 1 le alafa me va ɖo 10 le alafa me ene. Ebola ya nye dɔ aɖe si melé ame geɖe abe dzamezãa ene o, gake le teƒe siwo wòdze amewo dzi le la dometɔ aɖewo la, ame siwo xɔe la dometɔ 90 le alafa me ye ku.