Etenuŋɔŋlɔ
c Nuŋlɔɖia gblɔ nu eve siwo me womede bubu Yehowa ŋu le o na mí. Gbãtɔe nye be Sea gblɔ vɔsalã la ƒe akpa si nye nunɔlawo tɔ be woaɖu. (5 Mose 18:3) Gake nunɔla vɔ̃ɖi siawo va wɔ ɖoɖo bubu kura le avɔgbadɔa me. Wonana woƒe subɔviwo tsɔa gaflo gã aɖe ƒona ɖe ze si me lãa le fiefiem le la me, eye wotsɔa lãkɔ ɖe sia ɖe si gafloa he doe! Eveliae nye be ne amewo tsɔ woƒe vɔsalãwo va be woamè le vɔsamlekpuia dzi la, nunɔla vɔ̃ɖiawo nana woƒe subɔviwo doa ŋɔdzi na ame si le vɔa sam la, eye wobiana be yewoaxɔ lã mumua hafi woatsɔ lã la ƒe amiwo asa vɔe na Yehowa.—3 Mose 3:3-5; 1 Samuel 2:13-17.