Etenuŋɔŋlɔ
a Edze ƒãa be, amiti la metsi tre ɖi na dzɔdzɔme Israel o. Togbɔ be fiawo kple nunɔlawo do tso dzɔdzɔme Israel me hã la, dukɔ bliboa mezu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe o. Se meɖe mɔ be Israel fiawo nazu nunɔlawo o. Eya ta menye dzɔdzɔme Israel ye amitia nɔ tsitre ɖi na o. Tame si Mawu ɖo be yeawɔ gbɔgbɔ me Israel wòanye “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” la ƒe kpɔɖeŋu wɔm Paulo nɔ. Gɔmesese sia va xɔ ɖe esi dze le August 15, 1983, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ, axa 14-19 la teƒe.