Etenuŋɔŋlɔ
d Xerxes I nye ame si wonya nyuie ɖe ale si eƒe susu tea ŋu trɔna kpata kple eƒe dɔmedzoedodo ta. Esia ƒe kpɔɖeŋuwo dze le Hela ŋutinyaŋlɔla Herodotus ƒe nuŋlɔɖiwo me ku ɖe aʋa si Xerxes ho ɖe Hela ŋu la me. Fia la de se be woatsiã tɔdziʋuwo ɖe nu ɖekae va se ɖe esime wòazu tɔdzisasrã si woatsɔ atso Hellespont tsimɔa. Esi ahom aɖe gblẽ tɔdzisasrãa la, Xerxes na wotso ta le etulawo nu, eye wòna eƒe amewo ɖe ati ɖe tsia dzi nɔ ƒoƒom esime wonɔ fiƒodenyawo xlẽm kple gbe sesĩ bene wòanye “tohehe” na tsia. Le aʋa ma ke me, esi ŋutsu kesinɔtɔ aɖe ɖe kuku be womegana ye viŋutsu naɖo asrafohaa me o la, Xerxes na wofe ɖevia ɖe eve hetsɔ eƒe kukua ɖo agbae be wòanye nuxlɔ̃ame na ame bubuwo.