Etenuŋɔŋlɔ
a Wote gbe ɖe ale si Yehowa nye fofoe la dzi zi geɖe le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, le Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃ gbãtɔawo me la, Yesu zã nya “Fofo” zi 65, eye wòzãe wu zi 100 le Yohanes ƒe Nya Nyuia me. Paulo hã yɔ Mawu be “Fofo” wòwu zi 40 le eƒe lɛtawo me. Yehowa nye mía Fofo le gɔmesesea nu be eyae nye míaƒe Agbedzɔƒe.