Etenuŋɔŋlɔ
a Gɔmesese si le nyagbe “xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi” ŋu la lɔ nukuwo wuwu ɖe eme, eye esia he susu yi viwo dzidzi dzi, eya ta amegbetɔvidzidzi gbãtɔwo ŋue nya sia ku ɖo. Ke nu ka tae Yesu zã nyagbe “xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi” na Habel boŋ, ke menye na Kain, si nye ame gbãtɔ si wodzi la o? Kain ƒe nyametsotsowo kple nuwɔnawo ɖee fia be eɖoe koŋ dze aglã ɖe Yehowa Mawu ŋu. Edze abe tsitretsitsi kple ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ meli na Kain o ene, abe ale si wòle le edzilawo hã gome ene.