Etenuŋɔŋlɔ
a Yesu ƒe kpɔɖeŋua wɔ ɖeka kple ale si amewo wɔa nui ɣemaɣi. Yudatɔwo bua amedzrowɔwɔ nu vevi aɖe ŋutɔ. Ƒomewo mèa abolo ɖe ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe zazã nu, eya ta ebɔ be ame nado abolo tso eƒe aƒelika gbɔ nenye be abolo vɔ le esi. Gakpe ɖe eŋu la, ne ƒomea da ahe la, ƒomea me tɔwo katã mlɔa xɔnugoe ɖeka me le anyigba.