Etenuŋɔŋlɔ
f Memama 16: Daniel 12:3 gblɔ be: “Nunyalawo [Kristotɔ amesiaminawo] aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene.” Esi wokpɔtɔ le anyigba dzi la, wowɔa esia to gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Gake Mateo 13:43 me nyawo le asi fiam ɣeyiɣi si me woaklẽ nyuie le Dziƒofiaɖuƒe la me. Tsã la, míesusui be mawunyakpukpui evea siaa ku ɖe dɔ ɖeka ma ke—si nye gbeƒãɖeɖedɔa—ŋu.