Etenuŋɔŋlɔ
b Blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe gbedoxɔ siwo nye mɔ kɔkɔ siwo le dzogoe etɔ̃ me eye wo tame le tsutsɔẽ, siwo wotu ɖe atrakpui ƒe nɔnɔme me la ŋu le Sinear ƒe nutoa me. Biblia gblɔ be anyikpewoe Babel-mɔa tulawo zã, ke menye kpe fufuwoe o, eye wozã aŋɔ ɖe akaloba teƒe. (1 Mose 11:3, 4) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be le Mesopotamia la, kpe ŋutɔŋutɔ “mebɔ o alo menɔ anyi kura o,” gake aŋɔ ya bɔ ɖe afi ma ŋutɔ.—The New Encyclopædia Britannica.