Etenuŋɔŋlɔ
d Nyatakaka si tso dukɔ vovovowo me ɖee fia be ne srɔ̃tɔwo zɔ mɔ gblẽ wo srɔ̃wo alo wo viwo ɖi la, etea ŋu hea kuxi sesẽwo vanɛ. Kuxia ƒe ɖewoe nye be, srɔ̃tɔ ɖeka alo evea siaa wɔa ahasi, woƒoa wo ɖokui ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, alo ƒometɔ kekeake gbɔ dɔdɔ me. Le ɖeviawo gome la, wogblẽna, etea ŋu dzɔna be womeganyaa nu le suku o, wowɔa adã, wotsia dzimaɖi, woléa blanui, alo wobua wo ɖokui wuwu ŋu gɔ̃ hã.