Etenuŋɔŋlɔ
b Gake Israel-viwo metsɔ ŋutifafaɖoɖo aɖeke ɖo Kanaantɔwo ŋkume hafi ho aʋa ɖe wo ŋu o. Nu ka tae? Elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ Kanaantɔwo ƒe 400 sɔŋ be woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Kaka Israel-viwo nava ho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu la, wovɔ̃ɖi ale gbegbe be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali be woatrɔ o. (1 Mose 15:13-16) Eya ta ɖeko wòle be woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Ke hã, wokpɔ Kanaantɔ ɖekaɖeka siwo trɔ woƒe agbenɔnɔ la ƒe agbe ta.—Yosua 6:25; 9:3-27.