Etenuŋɔŋlɔ
a Anyo be míade dzesi ɖoɖo si nu Yesu gblɔ kpɔɖeŋu siwo zu eƒe anyinɔɣi ƒe dzesia ƒe akpa aɖewo la le. Gbã la, eƒo nu tso “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si nye nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si anɔ ŋgɔ na eyomedzelawo ŋu. (Mat. 24:45-47) Eyome eyi edzi kple kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ame siwo katã le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo ŋu koŋ. (Mat. 25:1-30) Mlɔeba eƒo nu tso ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi, siwo akpe asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu, la ŋu. (Mat. 25:31-46) Nenema kee le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me vava egbea me la, gbã la, míekpɔ ale si nuwo anɔ na ame siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Eye togbɔ be zi geɖe to ewo fiaɖuƒea metsia tre ɖi na ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi o hã la, ɖekawɔwɔ si ŋu nya wogblɔ ɖi nana míeɖoa ŋku ale si ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le kpakple ame siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le la wɔ ɖekae dzi.