Etenuŋɔŋlɔ
b Ne míede takpekpewo la, wodzea ŋdi kple ŋdɔ kpa dzi wɔnawo gɔme kple miniti ewo ƒe haƒoƒo. Esia dzraa míaƒe susu ɖo ɖe hadzidzi ŋu. Haƒoƒo siawo siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie la kpena ɖe mía ŋu be míadzra míaƒe dzi kple susu ɖo ɖe wɔna siwo akplɔe ɖo ŋu. Eya ta, wole dzi dem ƒo na mí katã be míanɔ mía nɔƒewo hafi haƒoƒoa nadze egɔme eye míalé to ɖe eŋu nyuie.