Etenuŋɔŋlɔ
a Ame geɖe menya be nya si dze le Biblia aɖewo me le Yohanes 7:53–8:11 la nye nyakpakpa si mekpe ɖe nya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ɖi la ŋu o. Amewo nɔ te ɖe nya ma dzi ƒo nya ta be ame si ŋu nu vɔ̃ mele o koe ate ŋu abu fɔ ame aɖe be ewɔ ahasi. Gake Mawu gblɔ le se si wòde na Israel-viwo la me be: “Ne wokpɔ ŋutsu aɖe wòle nyɔnu aɖe si nye ŋutsu bubu srɔ̃ gbɔ dɔm la, ele be woawu wo ame evea.”—5 Mose 22:22.