Etenuŋɔŋlɔ
a Esesẽna na vidada aɖewo siwo vidzidzi megbe blanuiléledɔ ɖea fu na la be woana ƒomedodo sia nanɔ wo kple wo via dome. Ke hã mele be woase le wo ɖokui me be yewo gbɔe wòtso o. Dɔwɔƒe si kpɔa tagbɔdɔlélewo gbɔ le Amerika gblɔ be vidzidzi megbe blanuiléledɔ “anya tso ametia kple seselelãmekuxi aɖewo gbɔ . . . gake metsoa nu si vidadaa wɔ alo mewɔ nyuie o gbɔ o.” Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le August 8, 2002 ƒe Nyɔ! me le tanya si nye “Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi” te.