Etenuŋɔŋlɔ
a Le nyateƒe me la, aleke kee ame aɖe ɖadina be yeawɔ nu le ye ɖokui sii o, mate ŋu aƒo asa na ame bubuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi keŋkeŋ o. Míeɖale ŋugble dem le nya goglowo, abe afi si agbe dzɔ tso ene ŋu alo míele nya me tsom le awu si míado ŋu o, ame bubuwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi va se ɖe afi aɖe ya teti. Ke hã, míate ŋu atia ame si míadi be wòakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi.