Etenuŋɔŋlɔ
b Woyɔa gbɔdɔnyawo, amamaɖeɖefotowo alo woƒe videowo ɖoɖo ɖe amewo to telefon dzi be sexting (alo sexto). Le ale si nɔnɔmeawo le nu la, ate ŋu abia be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti le nuwɔna sia ta. Le go aɖewo me la, dziɖuɖua drɔ̃ ʋɔnu ƒewuivi siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe nuwɔna sia me la be woɖi gbɔdɔnuwɔna manɔsenu ŋuti fɔ. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org ƒe nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be—Nu Kawoe Wòle Be Manya Tso Amamaɖenuwo Ðoɖo Ða To Asitelefon Dzi Ŋu?” la me. (Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SƆHƐWO.) Alo kpɔ nyati si nye “Dzeɖoɖo Tso Asitelefon Dzi Amamaɖenuwo Ŋu Kple Viwò,” si dze le November 2013 ƒe Nyɔ! me, axa 4-5.