Etenuŋɔŋlɔ
a Mawunyakpukpui si wotia na ƒe 2019 la na susu etɔ̃ aɖewo mí, siwo tae wòle be míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ ne nɔnɔmeawo le sesẽm le xexea me alo ne míawo ŋutɔwo míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Le nyati sia me la, míadzro susu etɔ̃awo me, eye míakpɔ ale si míawɔ be míagatsi dzimaɖi fũu o, ke boŋ, míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. De ŋugble le ƒea ƒe mawunyakpukpuia ŋu. Lé emenyawo ɖe susu me ne anya wɔ na wò. Ne èwɔ esia la, ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ava dziwò le etsɔme la me.