Etenuŋɔŋlɔ
a Abe hakpala David ene la, mí katã míelɔ̃ Yehowa, eye edzɔa dzi na mí be míakafui. Ne míekpe ɖekae be míasubɔ Mawu le míaƒe hamewo me la, esia naa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mí be míaɖe ale si gbegbe míelɔ̃e la afia. Gake esesẽna na mía dometɔ aɖewo be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me. Ne esia nye wò kuxi la, ke nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nu si gbɔ wòtso be nèvɔ̃na be yeaɖo nya ŋu eye nàɖu vɔvɔ̃ ma dzi.