Etenuŋɔŋlɔ
a Womedzi mía dometɔ aɖeke ame fatu o. Ele be míasrɔ̃ tufafa. Ðewohĩ míade dzesii be míete ŋu wɔa nu tufafatɔe ne míele nu wɔm kple ŋutifafamewo, gake ne míele nu wɔm kple dadalawo la, esesẽna na mí be míayi edzi anye ame fatuwo. Le nyati sia me la, míadzro kplamatsɛdonu aɖewo siwo dzi wòahiã be míaɖu ale be míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui xɔasi sia la me.