Etenuŋɔŋlɔ
d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míade ha kple mía nɔewo le kpekpeawo me le Fiaɖuƒe Akpata me. Le fotoawo me la, (1) hamemetsitsi aɖe le nu ƒom kple ŋutsuvi sue aɖe kple nɔa dɔmenyotɔe, (2) vifofo aɖe kple vianyɔnuvi le kpekpem ɖe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ŋu be wòage ɖe ʋu me, eye (3) hamemetsitsi eve aɖewo le to ɖom esime nɔvinyɔnu aɖe le biabiam be woafia mɔ ye.