Etenuŋɔŋlɔ
c Menye hamemetsitsiwo ƒe dɔe wònye be woade sewo ɖe modzakaɖeɖe nu o. Ke boŋ, ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ eya ŋutɔ ƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ŋu dɔ ne ele nu si wòaxlẽ, haƒoƒo si wòase, alo film si wòakpɔ la tiam. Ƒome ƒe ta siwo dze nunya la kpɔa egbɔ be nu siwo yewoƒe ƒomea tsɔ ɖea modzakae la wɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo.—Kpɔ jw.org® dzi nyati si nye “Ðe Yehowa Ðasefowo Dea Se Ðe Video, Agbalẽ Alo Hadzidzi Aɖewo Nua?” Àkpɔe le, MÍA ŊU NYAWO > NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI.