Etenuŋɔŋlɔ
a Ne nu te ɖe mía dzi ɣeyiɣi didi la, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ametia kple míaƒe seselelãme siaa ŋu. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Míadzro ale si Yehowa kpe ɖe Eliya ŋu wòdo dzi le xaxawo me la me. Biblia me kpɔɖeŋu bubuwo hã ana míakpɔ nu si míate ŋu awɔ be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu ne míele xaxawo me tom.