Etenuŋɔŋlɔ
f Ele hã be míaƒo asa na habɔbɔ siwo do ka kple alakpasubɔsubɔ—siwo dometɔ aɖewoe nye sɔhɛwo ƒe habɔbɔ siwo wɔa ɖoɖo be sɔhɛwo naɖaƒu asaɖa ɖe teƒeteƒewo, kpakple Ðekakpui Sɔlemedelawo Ƒe Habɔbɔ (YMCA) kple Ðetugbui Sɔlemedelawo Ƒe Habɔbɔ (YWCA) kple esiawo tɔgbi—keŋkeŋ. Esia ku ɖe woƒe modzakaɖeƒewo, kamedeƒewo, tsiƒuƒewo alo lãmesẽ habɔbɔwo hã ŋu. Togbɔ be habɔbɔ siawo siwo le nutoa me la dometɔ aɖewo agblɔ be yewoƒe wɔnawo menye subɔsubɔwɔnawo o hã la, le nyateƒe me la, habɔbɔ mawo doa alakpasubɔsubɔ dzixɔsewo ɖe ŋgɔ eye wodea dzi ƒo na wo me nɔlawo be woalé mawusubɔsubɔ me ɖe asi.