Etenuŋɔŋlɔ
a Ðe nèsena le ɖokuiwò me be yeate ŋu awɔ geɖe na Yehowa hafia? Ðe wòwɔna na wò be viɖe aɖeke megale ye ŋu na Yehowa oa? Alo ɖe nèsena le ɖokuiwò me be mehiã be yeatsɔ ye ɖokui ana faa be yeawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me oa? Nyati sia adzro mɔ vovovo siwo nu Yehowa ate ŋu ana didia kple ŋusẽ si nèhiã la wò be nàte ŋu awɔ nu si dzea eŋu la me.