Etenuŋɔŋlɔ
a Esi míenye ame madeblibowo ta la, edzɔna zi geɖe be míeƒoa nya ta kaba le ame si ƒomevi ame aɖe nye kple susu siwo tae wòwɔ nane ɖo la ŋu madzemadzee. Gake Yehowa ya “kpɔa keke dzi me ke.” (1 Sam. 16:7) Míadzro ale si Yehowa wɔ nu ɖe Yona, Eliya, Hagar, kple Lot ŋu lɔlɔ̃tɔe la me le nyati sia me. Akpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ Yehowa le ale si míewɔa nu ɖe mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ŋui la me.