Etenuŋɔŋlɔ
a Togbɔ be Yesue nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ hãa, ame akpa gãtɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea mea gbee, elabe nanewo ɖia wo nu. Nu ka tae? Le nyati sia mea, míadzro nu ene siwo ɖia amewo nu le Yesu ŋu la me. Azɔ hã, míadzro nu siwo tae nya siwo Yesu yomedzela vavãwo gblɔna kple nu siwo wowɔna ɖiaa ame geɖe nu egbea la me. Vevietɔ wua, míasrɔ̃ nu si tae míate ŋu axɔ Yesu dzi se bliboe ale be míagatrɔ ɖa le eyome o.