Etenuŋɔŋlɔ
a Esi míede blibo o taa, edzɔna be míegblɔa nya aɖewo alo wɔa nanewo siwo tena ɖe mía nɔviwo dzi. Ne edzɔ nenemaa, nu kae míewɔna? Ðe míeɖea afɔ kaba kpɔa nyaa gbɔa? Ðe míeɖea kuku kaba? Alo ɖe míegblɔna be, ne edo dzikua, eya ŋutɔ ƒe nyae, meka mí oa? Ke ne edzɔna be amewo ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo vea dɔme na mí kabakaba ya ɖe? Ðe míenɔa mía ɖokuiwo nu ɖem be, nye ya, nenema ko melea? Ðe míelɔ̃ ɖe edzi be gbɔdzɔgbɔdzɔe, eye wòhiã be míawɔ nane tso eŋua?