Etenuŋɔŋlɔ
a Be nuwo nate ŋu ayi edzi le ƒomea me nyuiea, ele be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu aduadu kple wo nɔewo. Vifofoae xɔa ŋgɔ lɔlɔ̃tɔe, srɔ̃a kpea asi ɖe eŋu, eye ɖeviawo hã ɖoa to wo. Nenema kee wòle le Yehowa ƒe ƒomea hã me. Mawu ɖo tame nyui aɖe ɖe mía ŋu, eye ne míekpe asi ɖe tameɖoɖo ma ŋua, míayi edzi anye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo tegbee.