Etenuŋɔŋlɔ
a Èsee ame aɖe si subɔ Yehowa ɣeyiɣi didi aɖee nye esia gblɔ be ‘nyemesusu be xexe vɔ̃ɖi sia aganɔ anyi va se ɖe fifia o’ kpɔa? Mí katã míedi be Yehowa naɖe xexe vɔ̃ɖi sia ɖa, vevietɔ, le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Ke hã, ele be míasrɔ̃ ale si míagbɔ dzi ɖi. Le nyati sia mea, míadzro Biblia ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu be míagbɔ dzi ɖi la me. Azɔ hã, míadzro go eve siwo me wòahiã be míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa sinu le la me. Mlɔebaa, míaƒo nu tso yayra siwo míava kpɔ ne míegbɔ dzi ɖi la ŋu.