Etenuŋɔŋlɔ
a Míelɔ̃ Yehowa vevie, eye míedi be míaƒe nu nadze eŋu. Yehowa le kɔkɔe, eye edi be ye subɔlawo hã nanɔ kɔkɔe. Gake ɖe wòanya wɔ be amegbetɔ madeblibowo nanɔ kɔkɔea? Ɛ̃, anya wɔ. Ne míedzro aɖaŋu si apostolo Petro ɖo na nɔvia Kristotɔwo kple mɔfiame siwo Yehowa na Israel-viwo le blema me nyuiea, akpe ɖe mía ŋu be míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.