Etenuŋɔŋlɔ
a Mí katã míevɔ̃na ɣeaɖewoɣi, elabe vɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ mía ta tso afɔku me. Gake le nɔnɔme aɖewo mea, vɔvɔ̃ ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Le mɔ ka nu? Elabe Satana ate ŋu ato edzi ana míawɔ nyametsotso gbegblẽ. Esi wòle alea ta, anyo be míadze agbagba vevie aɖu vɔvɔ̃ ma tɔgbi dzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Abe ale si míava kpɔe le nyati sia me enea, ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòli kpli mí la, míaɖu vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe dzi.