Etenuŋɔŋlɔ
c Tsãa, míeɖe eme be nya “ʋɔnudɔdrɔ̃” si wozã le Yohanes 5:29 fia be woabu fɔ ame alo ahe to na ame. (Yoh. 5:29) Ele eme be nya ʋɔnudɔdrɔ̃ ate ŋu afia nu mawo ya. Gake le go sia mea, edze ƒãa be Yesu zã nya “ʋɔnudɔdrɔ̃” gbadzaa wòfia be woanɔ ŋku lém ɖe ame aɖe ƒe nuwɔna kple eƒe nɔnɔme ŋu, alo abe ale si Helagbe me nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔe enea, “woalé ŋku ɖe ame ƒe agbenɔnɔ ŋu tsitotsito.”