Etenuŋɔŋlɔ
a Le nyati sia mea, míadzro gɔmesese yeye si su mía si ku ɖe nufiafiadɔ gã si ŋu nya wogblɔ ɖi le Daniel 12:2, 3 ŋu la me. Míakpɔ ɣeyiɣi si nu sia adzɔ kple ame siwo awɔ dɔ sia. Azɔ hã, míakpɔ ale si nufiafiadɔ sia adzra ame siwo le anyigba dzi la ɖo ɖe dodokpɔ mamlɛtɔ si ava le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu ŋu.