Etenuŋɔŋlɔ
b Ate ŋu anye be woafɔ nuteƒewɔla siwo ku le ŋkeke mamlɛawo mea ɖe tsitre gbã, eyome woafɔ ame siwo ku do ŋgɔ na wo la hã ɖe tsitre le ɖoɖo ma nu megbemegbee. Ne eva eme alea, ke mɔnukpɔkpɔ asu dzidzime ɖe sia ɖe si be woado wòezɔ na woƒe ame nyanyɛ siwo woafɔ ɖe tsitre. Aleke kee wòanɔ o, esi Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woafɔ ame siwo ayi dziƒo la ɖe tsitre le “ɖoɖo nu” taa, míate ŋu akpɔ mɔ be woafɔ ame siwo anɔ anyigba dzi hã ɖe tsitre le ɖoɖo nu.—1 Kor. 14:33; 15:23.