Etenuŋɔŋlɔ
a Ame geɖe susuna be yewoakpɔ dzidzɔ ne kesinɔnuwo bɔ ɖe yewo si, yewoɖua agbe, yewoxɔ ŋkɔ alo yewozu amegã. Gake nu siawo menana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ o. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, eƒo nu tso ale si amewo awɔ akpɔ dzidzɔ ŋu. Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ siwo wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la me.