Etenuŋɔŋlɔ
b NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Ale si ko gakuku kpɔa asrafo ƒe ta ta eye seke léa tɔdziʋu ɖe tea, nenema kee míaƒe mɔkpɔkpɔ kpɔa míaƒe susu ta eye wònana míedoa dzi le dodokpɔwo me. Nɔvinyɔnu aɖe le gbe dom ɖa na Yehowa vevie. Nɔviŋutsu aɖe le ŋugble dem le ale si Yehowa wɔ ŋugbe siwo wòdo na Abraham dzi ŋu. Nɔviŋutsu bubu aɖe hã le ŋku ɖom ale si Yehowa yrae va yi dzi.