Etenuŋɔŋlɔ
a Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi aƒu agbedua. Agba aɖewo li wòle be míatsɔ esi míele agbedua ƒum. Wo dometɔ aɖewoe nye adzɔgbe si míeɖe na Yehowa, ƒomegbanɔamedziwo kple míaƒe nyametsotsowo me tsonuwo. Gake ele be míaɖe agba ɖe sia ɖe si mehiã o si ate ŋu ahe mí ɖe megbea ɖa. Woawoe nye kawo? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nyati sia me.