Etenuŋɔŋlɔ
a Nyanyuigbalẽawo kple Biblia-gbalẽ bubuwo ƒo nu tso ame vovovo siwo Yesu ɖe eɖokui fia esi wòfɔ ɖe tsitre la ŋu. Eɖe eɖokui fia: Maria Magdalatɔ la (Yoh. 20:11-18); nyɔnu bubu aɖewo (Mat. 28:8-10; Luka 24:8-11); nusrɔ̃la 2 aɖewo (Luka 24:13-15); Petro (Luka 24:34); apostoloawo esime Toma menɔ wo dome o (Yoh. 20:19-24); apostoloawo katã esime Toma hã nɔ wo dome (Yoh. 20:26); nusrɔ̃la 7 aɖewo (Yoh. 21:1, 2); nusrɔ̃la siwo wu 500 (Mat. 28:16; 1 Kor. 15:6); nɔvia Yakobo (1 Kor. 15:7); apostoloawo katã (Dɔw. 1:4); kple apostoloawo ake esi wonɔ afi si gogo Betania. (Luka 24:50-52) Anɔ eme be eɖe eɖokui fia ɣebubuɣiwo hã gake Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso wo ŋu o.—Yoh. 21:25.