Etenuŋɔŋlɔ
a Anɔ eme be ƒuƒoƒo ma me tɔ akpa gãtɔ va zu Kristotɔwo. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabena apostolo Paulo yɔ wo be “nɔvi . . . alafa atɔ̃.” Egagblɔ hã be, wo “dometɔ akpa gãtɔ kpɔtɔ le mía dome, ke wo dometɔ aɖewo hã dɔ alɔ̃ le ku me.” Eya ta edze abe Paulo kple Kristotɔ bubuwo dze si ame siwo nɔ eteƒe esime Yesu de sea be woaɖe gbeƒã la ene.