Etenuŋɔŋlɔ
a Esi Russia dze Ukraine dzia, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔhagã Na Sitsoƒedilawo (UNHCR) gblɔ be, nɔnɔme sia bia be amewo nawɔ nu kpata asi ɖe woƒe agbe ta. Le ŋkeke 12 pɛ ko mea, ame miliɔn eve kple edzivɔe si tso Ukraine yi dukɔ bubuwo me. Eye ame miliɔn ɖeka aɖewo hã si le woƒe aƒewo me yi Ukraine dukɔa ƒe akpa bubuwo be yewoavae di sitsoƒe.