Etenuŋɔŋlɔ
c Biblia gɔmeɖeɖe aɖe (NIV Study Bible) gblɔ be woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa enuenu le kpukpui siawo me “tsɔ te gbe ɖe [kpukpui 27 lia] me nyawo dzi.” Gake ame aɖewo gblɔna be ale si woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa enuenu zi etɔ̃ le kpukpui mawo mea le kpe ɖom edzi be Yehowa nye Mawuɖekaetɔ̃. Gake menye nenemae nyaa le o. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe si da asi ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi gblɔ be, Mawu ƒe ŋkɔ yɔyɔ zi etɔ̃ le afi sia “mana nunɔla siwo gblɔa yayranya mawo alo dukɔa me tɔ siwo sea woa nabu susu ma o.” Le woawo gbɔa, ɖeko Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ zi etɔ̃ ana woakpɔe be yayranya mawo nya se eye wole blibo.” (The Pulpit Commentary, Babla 2, axa 52) Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe wua, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Mawuɖekaetɔ̃e Mawu Nyea?”