INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 3/8 axa 32
  • Woƒe Nyateƒetoto Wɔ Dɔ Ðe Edzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woƒe Nyateƒetoto Wɔ Dɔ Ðe Edzi
  • Nyɔ!—2001
Nyɔ!—2001
g01 3/8 axa 32

Woƒe Nyateƒetoto Wɔ Dɔ Ðe Edzi

YUNIVƐSITI NUFIALA aɖe si tso Spain ŋlɔ agbalẽ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ ma me tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Nyɔ! ŋu. Eɖe nu me be:

“Asinye su miaƒe Nyɔ! magazine eve dzi nyitsɔ laa. Mekpɔ be nyati dodzidzɔname geɖewo le eme ku ɖe nu hamehame ŋu. Nyemele subɔsubɔha aɖeke me o, gake mekpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽa ƒe nyateƒetoto ŋu vevie ŋutɔ. Eye eƒoa nu tso nyatiwo ŋu akpaɖekedzimademadetɔe le mɔ si sɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu la nu. Mekafu mi ɖe miaƒe agbagbadzedzewo ta.”

Nyɔ! magazinea ƒoa kpeɖodzi vovovo siwo tso dzɔdzɔmeŋutinya ƒe alɔdze vovovo me nu ƒu heɖoa wo ɖe ɖoɖo nu, si kpena ɖe exlẽlawo ŋu be woawɔ nyataƒoƒo siwo me susu le. Ðoɖo ma tututu nue wota axa 32-gbalẽ gbadza si nye Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le tanya sue siwo nye “Ðe Agbe Dzɔ Le Eɖokui Sia?” kple “Aɖaŋunu Hiã Aɖaŋuwɔla” te la, woɖe nusi do ƒome kple nusi agbalẽnyala siwo ŋu wodea bubui vevie gblɔ le nyati siwo do ƒome kple ɣletiviŋutinunya, nugbagbeviŋutinunya, kple dzɔdzɔmeŋusẽŋununya me.

Àte ŋu abia agbalẽ gbadza si nye Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, to agbalẽvi si kpe ɖe eŋu la kpekpe ɖo me ahatsɔe aɖo ɖe adrɛs si dze le edzi alo esi sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Miɖo agbalẽ gbadza si nye Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?

Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? la ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Ɣletivihatsotsoa: Courtesy of Anglo-Australian Observatory, photograph by David Malin

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe