INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 9/8 axa 32
  • Kuxi Si Le Ðeviwo Dzi Kpɔkpɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kuxi Si Le Ðeviwo Dzi Kpɔkpɔ Me
  • Nyɔ!—2001
Nyɔ!—2001
g01 9/8 axa 32

Kuxi Si Le Ðeviwo Dzi Kpɔkpɔ Me

Britain nye Ɣetoɖoƒedukɔ si me kesinɔnuwo bɔ ɖo. Ke hã wobu akɔnta be ƒe sia ƒe la, dukɔa me vi 100,000 kple edzivɔ—si nye alesi wobui tsã ƒe teƒe eve—sina le aƒeme. Ewɔe be wosẽa ŋuta le wo dometɔ 1 le 7 ɖesiaɖe me ŋu alo dɔa wo gbɔ sesẽe.

Ian Sparks, si nye Ðeviwo ƒe Habɔbɔ ƒe dɔdzikpɔla gblɔ be: “Ne ɖeviwo se le wo ɖokui me be yewotsi akogo eye wogbe yewo la, ewɔna na wo be sisi adzo ate ŋu akpɔ nyaa gbɔ,” eye egblɔ kpee be: “Kuxi sia lɔ ɖevi ɖesiaɖe ƒomevi ɖe eme—ɖeviwo ate ŋu asi le gatɔwo ƒe aƒewo kple ahetɔwo tɔ siaa me.”

Beléle na ɖeviwo kple hehe nana wo nye agbanɔamedzi gã aɖe. Afikae woakpɔ kpekpeɖeŋu le? Wotrɔ asi le agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ŋu be wòakpɔ hiahiã sia gbɔ. Ta 16 siwo le eme dometɔ aɖewoe nye: “Mlã Viwò tso Vidzĩme,” “Kpe Ðe Viwò Ƒewuivi Ŋu be Agbe Nadze Edzi Nɛ,” “Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me.” Aɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ la le agbalẽa ƒe ta 16 katã me, eye vevietɔ wu la, ezã Biblia si nye nunyatsoƒe si de ŋgɔ wu mía tɔ.

Àte ŋu abia Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si dze le afisia ɖo eye nèɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Miɖo agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe