“Taflatse mikpe ɖe ŋunye! Mia ŋue mele ŋu ɖom ɖo”
NYA SIAWOE ÐƆKTA AÐE si le Kaunas Atikesɔsrɔ̃ ƒe Yunivɛsiti si le Lithuania tsɔ ƒo eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ ma me la tae. Ðɔkta la ɖe eme be:
“Medze agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work xexlẽ gɔme le dɔwɔƒe. Meɖoe be mazã eƒe nyatakaka aɖewo le nye nyati aɖewo me, gake nane dzɔ eye agbalẽa bu. Edze ƒã be ame aɖee tsɔe. Ete ɖe dzinye ŋutɔ—elabena nu xɔasi aɖee bu nam. Taflatse mive nunye miaɖo bubu ɖem.
“Mehiã agbalẽ sia vevie elabena meɖia tsa yia sukuwo me eye meɖoa dze kple sɔhɛwo, eye agbalẽ sia kpena ɖe ŋunye meɖoa woƒe biabia geɖe ŋu na wo. Ne megaxɔ bubu aɖe la, madzrae ɖo ɖe aƒeme eye malé be nɛ. Nya veviwoe le agbalẽ sia me, esia tae ame aɖe anya tsɔe ɖo. Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ehiã be woakpɔ ŋusẽdoame tso teƒe aɖe. Taflatse mikpe ɖe ŋunye! Mia ŋue mele ŋu ɖom ɖo.”
Young People Ask ƒe agbalẽa ɖo nyabiabia geɖe siwo ŋu sɔhɛwo dea ŋugble le la ŋu, esiawo dometɔ aɖewo enye: “Aleke Mawɔ be Dzinyelawo Nana Ablɔɖe Geɖem?,” “Ðe Maʋu le Aƒemea?,” “Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?,” “Agbemedɔ Kae Wole be Matia?,” “Nukae Gblẽ le Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?,” kple “Aleke Mawɔ Anya Ne Enye Lɔlɔ̃ Ŋutɔŋutɔ?” Esiawoe nye tanya siwo le eme dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Ne èdi agbalẽ sia ƒe ɖe la, ke kpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo eye nàɖoe ɖe adrɛs si dze le edzi alo nàɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.
□ Miɖo agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.