Alesi Wòwɔ Xɔ Nɔƒe Gbãtɔ Ƒe Nunana
Sɔhɛ aɖe ŋlɔ agbalẽ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Lusaka, Zambia, tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Nyɔ! ŋu. Eɖe eme be, magazine siae na wonae nɔƒe gbãtɔ xɔxɔ ƒe nunana le sekɛndri suku viwo ƒe nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔ aɖe me. Wode tanya si nye, “Yamenutome ƒe Hoʋiʋli—Xexeame ƒe Ga Gblẽla Gãtɔ” asi na sukuviawo, hebia tso wo si be woawɔ numekuku le nyatia ŋu. Sɔhɛa ɖe eme be:
“Eteƒe medidi o meke ɖe September 8, 1992 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata ŋu. Nusi dim mele la nɔ magazine sia me. Meɖe nya aɖewo tso Nyɔ! ƒe tata bubuwo hã me.” Gaxɔgbalẽvi si dzi United States dɔlar 75 nɔ la kpe ɖe nɔƒe gbãtɔ ƒe nunana si sɔhɛ ma xɔ ŋu. Egblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Ƒe geɖe enye esia si Nyɔ! ɖee fia be yenye magazine si naa woxɔa nunana.”
Ne amesiwo le xexeame katã de ŋugble le yamenutome ƒe ɖoɖoa—si me ɖoɖo siwo dziɖuɖuwo wɔ be yewoatsɔ akpɔ yewoƒe anyigbawo ta be woagadze edzi o hã le—ŋu la, ame geɖe biana nenye be xexe aɖe si me aʋawɔwɔ manɔ o ate ŋu ava gbaɖegbe. Nyabiabia sia tututue nye axa 32-gbalẽ gbadza si naa kakaɖedzi sẽŋu be xexe ma tɔgbe ate ŋu ava la ƒe tanya. Gake mɔ ka nue wòato ava? eye ɣekaɣie?
Míekpe wò be nàxlẽ Will There Ever Be a World Without War? Àte ŋu adɔ agbalẽ gbadza sia ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze ele edzi alo ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.
□ Miɖo agbalẽ gbadza si nye Will There Ever Be a World Without War? ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.