INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g02 5/8 axa 32
  • Agbalẽ aɖe si Te Ŋu Kpɔa Srɔ̃ɖeɖe Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ aɖe si Te Ŋu Kpɔa Srɔ̃ɖeɖe Ta
  • Nyɔ!—2002
Nyɔ!—2002
g02 5/8 axa 32

Agbalẽ aɖe si Te Ŋu Kpɔa Srɔ̃ɖeɖe Ta

NYƆNU AÐE SI ŊKƆE NYE LESLIE, si le Louisiana, U.S.A., xɔ kaƒoƒo aɖe tso Tulane Yunivɛsiti teƒenɔla gbɔ le ƒe si va yi me. Kaa ƒola gblɔ be Tulane kpakple yunivɛsiti bubu aɖe nɔ numekuku aɖe wɔm tso amesiwo ɖe srɔ̃ yeyee le Louisiana ŋu.

Esi wòlɔ̃ be yeakpɔ gome le numekukua me megbe la, exɔ eŋuti gbalẽvi aɖe, kpee ɖo hekpe agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖe eŋu ɖo ɖa. Eɖe eme be Yehowa Ðasefowoe ye kple ye srɔ̃ yewonye eye yewosrɔ̃ agbalẽ sia ɖekae esime yewonɔ dzadzram ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu.

Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, woxɔ lɛta aɖe tso numekukua dzikpɔla gbɔ, amesi ŋlɔ bena: “Míele mɔ kpɔm vevie be srɔ̃tɔwo abe wò kple srɔ̃wò ene ate ŋu afia nusi wòbia be woana srɔ̃ɖeɖe me nasẽ eye dzidzɔ nanɔ eme la mí. Nyateƒe si wònye be teƒe vovovoe mietso la nyanya le vevie ŋutɔ elabena esia hea kuxiwo va srɔ̃ɖeɖea me zi geɖe. Gake dzadzraɖo si miewɔ ɖe srɔ̃ɖeɖea ŋu, vevietɔ kple nuwo abe agbalẽ si nèɖo ɖa ene la, awɔe be miakpɔ masɔmasɔ ɖesiaɖe si ado mo ɖa la gbɔ. Eye nyateƒee wònye be srɔ̃ɖeɖe tutu ɖe subɔsubɔ ɖoɖowo dzie nye nusi le vevie wu. Enyo na mi ame evea siaa be xɔse sẽŋu le mia si eye mieka ɖe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu dzi.

“Meda agbalẽ si nèɖo ɖem la ɖe nye kplɔ dzi, eye metsɔnɛ fiaa nye sukuviwo azɔ ne wobia srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖom. Nyemekpɔ agbalẽ sia kpɔ o, eye kpuie ko la, enyo ŋutɔ.”

Míeka ɖe edzi be agbalẽ sia aɖe vi na wò hã. Ne èdi be ɖeka nasu ye si la, taflatse kpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo eye nàɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia. Àxɔ aɖaŋuɖoɖo vevi siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ kuxiwo gbɔ ahana dzidzɔ nanɔ ƒomegbenɔnɔ me abe alesi Wɔla la ɖoe be wòanɔ ene.

□ Miɖo agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe