“Eva Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi”
NYA siae ŋutsu aɖe si tso Abakaliki gblɔ le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria me. Agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, si ame aɖe nae nyitsɔ laa ŋu nya gblɔm wònɔ. Egblɔ be:
“Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, Tochi, ku le vidzidzi vɔ megbe teti le June 18, 2000. Ɣleti ɖeka kple edzivɔ va yi, ke hã nyemete ŋu nɔ dzidziƒoame, alesi metɔtɔ hetsi yaa kple nublanuinya sesẽ ma si dzɔ ɖe dzinye la dzimaxɔmaxɔse dzi ɖum o. Emegbe le July me la, Yehowa Ðasefo aɖe na miaƒe agbalẽ si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe ɖekam. Agbalẽa nɔ nam abe atike ene, eye ʋɛʋɛʋɛ la nye agbe te eme ɖoɖo—le aɖaŋuɖoɖo siwo le agbalẽa me ta. Le nyateƒe me la, ena mɔkpɔkpɔ gaɖo asinye eye wòna medze sii be togbɔ be nublanuinya sia dzɔ hã la, mɔkpɔkpɔ gali.”
Ðewohĩ wò alo ame aɖe si nènya hã akpɔ akɔfafa tso axa 32-gbalẽ gbadza sia xexlẽ me. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.
□ Miɖo agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.