INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g02 9/8 axa 32
  • “Ele Be Manya Nu Geɖe Kpee”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ele Be Manya Nu Geɖe Kpee”
  • Nyɔ!—2002
Nyɔ!—2002
g02 9/8 axa 32

“Ele Be Manya Nu Geɖe Kpee”

LE ƑE si va yi me la, aƒenɔ aɖe ŋlɔ be: “Mexɔ agbalẽ gbadza si medɔ, si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? etsɔ si va yi to posu me.” Eɖe eme be yese agbalẽ gbadzaa ŋuti boblododo zi eve do ŋgɔ. Nyɔnua gblɔ be: “Menɔ mɔ kpɔm na eƒe vava vevie elabena esi mexlẽ eŋuti boblododoa vɔ la, mekpɔe be ele be manya nu geɖe kpee. Esi mexɔ agbalẽ gbadzaa ko la, medze exexlẽ gɔme enumake. Gɔmesese le nya siwo katã wogblɔ le miaƒe agbalẽ gbadzaa me ŋu eye wotu wo ɖe Biblia dzi.”

Eƒo eta be: “Mese le ɖokuinye me be ele be matsɔ nusiwo mexlẽ ade dɔwɔwɔ me enumake.”

Míeka ɖe edzi be aɖe vi na wò hã be nàxlẽ axa 32-gbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? Le eƒe nusɔsrɔ̃ lédziname si nye “Amekae Nye Yesu Kristo?” megbe la, àkpɔ bubu siwo nye “Amekae Nye Mawu?,” Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?,” kple “Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?” Ne èdi be woaɖo agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe ɖe wò la, ke kpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo eye nàɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo nàzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Taflatse miɖo agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ɖeka ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe