INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g03 4/8 axa 32
  • Kpekpe Vevitɔ Kekeake si Woawɔ le Ƒea Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpe Vevitɔ Kekeake si Woawɔ le Ƒea Me
  • Nyɔ!—2003
Nyɔ!—2003
g03 4/8 axa 32

Kpekpe Vevitɔ Kekeake si Woawɔ le Ƒea Me

Tsɔe be dɔléle aɖe le ŋuwò si na wò agbe ɖo afɔku me. Ðeko woawɔ dɔ na wò hafi nàhaya, gake ga meli nàkpɔ axe woawɔe na wò o. Fifia tsɔe be ame aɖe va be yeaxe fea ne woawɔ dɔa na wò. Ðe màda akpe ɖe eƒe nunanaa si le xɔ wò ge ɖe agbe la ta oa?

Biblia fia nu be ame eve gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dzi wo viwo katã ɖe nuvɔ̃ kple ku me. Ekema efia be wodzi mía dometɔ ɖesiaɖe kple dɔ mavɔleameŋu aɖe—eye mía dometɔ aɖeke mate ŋu axe edafe o. (Psalmo 49:8-10) Gake Yehowa Mawu tsɔ Via, Yesu Kristo, na ɖe mía ta be wòaɖe mí tso míaƒe nuvɔ̃wo me. Nunana sia si xɔ mí ɖe agbe la tae mɔnukpɔkpɔ su mía si be míanɔ agbe tegbee le Paradiso me ɖo.—Romatɔwo 6:23.

Le Kuɖa, April 16, ƒe ɣeɖoto megbe la, Yehowa Ðasefowo aɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi. Le ƒe si va yi me la, ame 15,000,000 kple edzivɔ—siwo ƒe akpa gãtɔ menye Yehowa Ðasefowo o lae de. Míekpe wò be nàva Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe sia me. Le nyateƒe me la, eyae nye kpekpe vevitɔ kekeake si woawɔ le ƒea me. Taflatse bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ woagblɔ afisi woawɔe le kple game si tututu woawɔe la na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe